1 Timothy 6:16 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Mawu sia ɖeka hɔ̃ɔ koe mate ŋu aku o; keklẽ gã dziŋɔ aɖe ƒo xlãe ale gbegbe be amegbetɔ aɖeke mate ŋu ate ɖe eŋuti o. Amegbetɔ aɖeke mekpɔe kpɔ o, eye womakpɔe akpɔ hã o. Eya tɔ nanye bubu kple ŋusẽ kple dziɖuɖu tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me. Amen.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
amesi ko si makumakunyenye le, amesi nɔa anyi le kekeli, si ŋu womate ŋu ate ɖo o la me, amesi amea ɖeke mekpɔ kpɔ o, eye mate ŋu akpɔe hã o, amesi tɔ lanye bubu kple ŋusẽ mavɔmavɔ! Amen.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Eya ɖeka koe mekuna o eye kekeli si ŋu ame mate ŋu ate ɖo o lae ƒo xlãe. Ame aɖeke mekpɔe kpɔ o, eye ame aɖeke hã mate ŋu akpɔe o. Woatsɔ bubu nɛ, eye eya aɖu dzi ɖaa. Amen.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Mawu sia ɖeka hɔ̃ koe mate ŋu aku o; keklẽ gã dziŋɔ aɖe ƒo xlãe ale gbegbe be amegbetɔ aɖeke mate ŋu ate ɖe eŋuti o. Amegbetɔ aɖeke mekpɔe kpɔ o eye makpɔe akpɔ hã o. Eya tɔ nanye bubu kple ŋusẽ kpakple dziɖuɖu tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me. Amen.