2 Chronicles 1:11 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Mawu ɖo eŋu be, “Esi wò didi gãtɔe nye be yeakpe ɖe yeƒe amewo ŋu eye mèbia kesinɔnuwo kple bubu na ɖokuiwò o, mèbia be maƒo fi de yeƒe futɔwo o eye mèbia agbe didi na ɖokuiwò o, ke boŋ èbia nunya kple sidzedze be, yeakplɔ yeƒe amewo nyuie ta la,
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye Mawu gblɔ na Salomo bena: Esi nusia le dzi me na wò, eye mebia ho kple kesinɔnu, bubu kple wò futɔwo ƒe ku kpakple wò agbenɔnɔ didi o, ke boŋ nebia nunya kple sidzedze, be ate ŋu aɖu fia ɖe nye dukɔ, si nu metsɔ wò ɖo fia ɖo dzi la,
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Mawu gblɔ na Salomo be: “Esi wònye nu siae le dzime na wò, eye mèbia nunɔamesi, alo kesinɔnu, alo bubu o; mèbia ame siwo lé fu wò la ƒe ku o; mèbia agbe didi o, ke boŋ nèbia nunya kple sidzedze ne nàte ŋu akplɔ nye dukɔ si nu meɖo wò fiae ɖo la,