2 Chronicles 10:15 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Ale fia la meɖo to ameawo o elabena nuwo ƒe yiyi me alea tso Yehowa gbɔ be, woawu nya si Yehowa gblɔ ɖi ɖe Yeroboam, Nebat ƒe vi, ŋuti to Silonitɔ, Ahiya dzi la nu.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ale fia la meɖo to dukɔ la o, elabena Mawue trɔe alea, ne Yehowa nawɔ eƒe nya, si wògblɔ to Silotɔ Axiya dzi na Yerobeam. Nebat vi la dzi.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ale fia la meɖo to dukɔ la o. Mawu trɔ nuwo alea, bene Aƒetɔ nawɔ nya si wògblɔ to gbeƒãɖela Axiya, Silotɔ la, dzi na Yerobeam, Nebat vi la.