2 Chronicles 10:16 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Esi Israel katã kpɔ be fia la gbe toɖoɖo wo la, woɖo eŋu na fia la be, “Gomekpɔkpɔ kae le mía si le David me eye domenyinu kae míaxɔ tso Yese vi la gbɔ? Oo Israel, miyi miaƒe agbadɔwo me! Oo David, kpɔ wò ŋutɔ wò aƒe gbɔ!” Ale Israelviwo katã dzo yi aƒe me.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Esi Israel blibo la kpɔ bena, fia la mese yewoƒe gbe o la, dukɔ la ɖo ŋu na fia la bena: Gome ka le Dawid gbɔ na mí, eye domenyinu ka le Isai vi la gbɔ na mi? Israel, amesiame neyi eƒe agbadɔ me! Azɔ Dawid, kpɔ wò aƒe gbɔ! Eye Israel blibo la yi woƒe agbadɔwo me.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Esi Israel blibo la kpɔ be fia la gbe be yemaɖo to yewoƒe nya o la, woɖo ame ɖe fia la be: “Gome ka míekpɔ le David me? Nyateƒe, domenyinu aɖeke mele Yese vi la gbɔ na mí o. O Israel, ame sia ame nedzo yi aƒe. Kpɔ ɖa, David, kpɔ wò ŋutɔ wò aƒe gbɔ.” Tete Israel-dukɔ blibo la dzo yi aƒe.