2 Chronicles 11:14 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Levitɔwo ɖe asi le woƒe lãnyiƒewo kple nunɔamesiwo gɔ̃ hã ŋu eye wova Yuda kple Yerusalem elabena Yeroboam kple via ŋutsuwo gbe be womaganye nunɔlawo na Yehowa o.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
elabena Lewi-viwo gblẽ woƒe duwo kple woƒe anyigbawo ɖi heʋu va Yuda kple Yerusalem, elabena Yerobeam kple viawo nyã wo, be womaganye nunɔlawo na Yehowa o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Yerobeam kple viawo nyà wo ɖa be womagawɔ nunɔladɔ na Aƒetɔ o; ale Levi viwo gblẽ woƒe duwo kple nuwo ɖi, eye woʋu va Yuda kple Yerusalem.