2 Chronicles 11:16 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Ame aɖewo, siwo menye nunɔlawo o hã de asi ʋuʋu tso Israel ƒe toawo katã me yi Yerusalem, afi si woakpɔ mɔ asubɔ Yehowa, wo fofowo ƒe Mawu eye woasa vɔ nɛ le.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye amesiwo ƒe dzi le Yehowa, Israel ƒe Mawu la, dim la, tso Israel-toawo katã me dze wo yome va Yerusalem, ne woasa vo na Yehowa, wo fofowo ƒe Mawu la.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ame siwo katã ƒe dzi ku ɖe Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu ŋu, eye wodi be yewoasubɔ eya ko la, tso Israel-toawo katã me, dze Levi viawo yome va Yerusalem bene woasa vɔ na Aƒetɔ, wo tɔgbuiwo ƒe Mawu la.