2 Chronicles 11:17 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Nu sia na Yuda fiaɖuƒe la li ke, ale Fia Rehoboam mekpe fu aɖeke le ƒe gbãtɔ etɔ̃awo me o elabena le ƒe mawo me la, woto David kple Solomo ƒe afɔtoƒe.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Woawoe ti ke Yuda-fiaɖuƒe la, eye wodo ŋusẽ Rexabeam, Salomo vi la, ƒe etɔ̃; elabena woto Dawid kple Salomo ƒe ʋe me ƒe etɔ̃.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ame siawoe na Yuda-fiaɖuƒe la li ke, eye wodo ŋusẽ Rexabeam, Salomo vi la wònɔ te ƒe etɔ̃, elabe le ɣeyiɣi sia me la, wonɔ agbe abe ale si wonɔe le fia David kple fia Salomo ŋɔli ene.