2 Chronicles 11:4 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
‘Yehowa be migawɔ aʋa kple mia nɔviwo o. Miyi miaƒe aƒewo me elabena gbɔnyee woƒe aglãdzedze sia tso.’ ” Woɖo to Yehowa eye womegawɔ aʋa kple Yeroboam o.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ale Yehowa gblɔ esi: Migaho yi ɖawɔ aʋa kple mia nɔviwò o, mia dome amesiame negbugbɔ yi eƒe me, elabena gbɔnye nya sia tso! Tete woɖo to Yehowa ƒe gbe hegbugbɔ, eye wodzudzɔ aʋahoho ɖe Yerobeam ŋu.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
‘Migaho ɖawɔ aʋa kple mia nɔviwo o. Ame sia ame netrɔ yi aƒe elabe gbɔnye nu sia tso.’ ” Ale woɖo to Aƒetɔ hegbugbɔ, eye womegawɔ aʋa kple Yerobeam o.