2 Chronicles 12:11 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Ɣe sia ɣi si fia la yi gbedoxɔ la me la, eŋudzɔlawo tsɔa wo bɔa asaɖa le eŋgɔ eye emegbe la, wogbugbɔa wo dana ɖe dzɔlawo ƒe xɔ me.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ne fia la yina ɖe Yehowa ƒe me godoo la, fia ŋu asrafoawo tsoa wo, eye wogagbugbɔa wo va dana ɖe fia ŋu asrafoawo ƒe xa me.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ne fia la yina Aƒetɔ ƒe aƒe la me la, fia ŋu srafowo tsɔa akpoxɔnuawo dona kplii, eye wogagbugbɔa wo va dana ɖe agbonudzɔxɔa me.