2 Chronicles 12:13 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Fia Rehoboam ɖu fia ƒe wuiadre le Yerusalem, du si Mawu tia wɔ eƒe nɔƒee le ŋkuléle ɖe Israel duwo katã ŋu megbe la me. Rehoboam ɖu fia esi wòxɔ ƒe blaene-vɔ-ɖekɛ. Dadaa ŋkɔe nye Naama eye wònye Amoni nyɔnu aɖe.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ale fia Rexabeam li ke eɖokui, eye woɖu fia le Yerusalem. Rexabeam xɔ ƒe blane vɔ ɖekɛ, esime wòzu fia, eye woɖu fia ƒe wuiadre le Yerusalem, du, si Yehowa tia le Israel-toawo katã me, be wòatsɔ eƒe ŋkɔ aɖo afima la me. Dadaa ŋkɔ nye Naama, Amoni-nyɔnu.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ale fia Rexabeam li ke ɖe Yerusalem, eye wòɖu fia. Exɔ ƒe bla ene vɔ ɖekɛ esime wòzu fia, eye wòɖu fia ƒe wui adrẽ le Yerusalem, du si Aƒetɔ tia le Israel-nutoawo katã me be woasubɔ ye le. Nɔa ŋkɔe nye Naama, Amon-nyɔnu.