2 Chronicles 12:15 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Woŋlɔ Rehoboam ƒe ŋutinya blibo la ɖe nu siwo nyagblɔdila, Semaya kple nukpɔla, Ido ŋlɔ ɖe Dzidzimegbalẽ la me. Aʋa dzɔna ɖe Rehoboam kple Yeroboam dome enuenu.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Rexabeam ŋutinyawo, tsãtɔwo kple megbetɔwo la, woŋlɔ wo ɖe nyagblɔɖila Semaya kple nukpɔla Ido ŋutinyawo me. Eye aʋa nɔ Rexabeam kple Yerobeam dome ŋkekeawo katã.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Rexabeam ƒe ŋutinyawo tso gɔmedzedzea va se ɖe nuwuwu la, woŋlɔ wo ɖe Gbeƒãɖela Semaya ƒe Ŋutinyagbalẽ kple Nukpɔla Ido ƒe Ŋutinyagbalẽwo me. Aʋa nɔ Rexabeam kple Yerobeam dome ŋkekeawo katã.