2 Chronicles 12:5 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Nyagblɔɖila Semaya wɔ takpekpe kple Rehoboam kple Yuda ƒe kplɔlawo tso dukɔ la ƒe akpa ɖe sia ɖe, ame siwo si va Yerusalem la eye wògblɔ na wo be, “Yehowa gblɔ be, ‘Miegblem ɖi eya ta nye hã megble mi ɖi ɖo eye metsɔ mi de asi na Sisak.’ ”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye nyagblɔɖila Semaya va Rexabeam kple Yuda-amegã, siwo si le Sisak nu va Yerusalem la gbɔ gblɔ na wo bena; Ale Yehowa gblɔ esi: Esi miegblẽm ɖi la, eyata nye hã metsɔ mi de asi na Sisak.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Tete gbeƒãɖela Semaya va Rexabeam kple Yuda-megã siwo sí le Sisak nu va ƒo ƒu ɖe Yerusalem la gbɔ gblɔ na wo be: “Aƒetɔ be: ‘Miegblẽm ɖi, eya ta nye hã metsɔ mi de asi na Sisak.’ ”