2 Chronicles 12:7 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Esi Yehowa kpɔ ale si wobɔbɔ wo ɖokuie la, eɖo Semaya ɖa be wòagblɔ na wo be, “Esi miebɔbɔ mia ɖokui ta la, nyematsrɔ̃ mi keŋkeŋ o, mia dometɔ aɖewo asi. Nyemawɔ Fia Sisak ŋu dɔ le nye dɔmedzoetɔtrɔ kɔ ɖe Yerusalem dzi me o.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye esi Yehowa kpɔ be, wobɔbɔ wo ɖokui la, Yehowa ƒe gbe va Semaya gbɔ gblɔ bena: Wobɔbɔ wo ɖokui, eyata nyemagblẽ wo o, ke boŋ maxɔ na wo vie, eye nye dɔmedzoe mato Sisak dzi ava Yerusalem dzi o;
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Esi Aƒetɔ kpɔ be wobɔbɔ wo ɖokui la, eƒe gbe va na Semaya be: “Wobɔbɔ wo ɖokui eya ta nyemagatsrɔ̃ o, ke boŋ maxɔ na wo ʋɛ. Nyemaɖe nye dziku ɖe Yerusalem ŋu to Sisak dzi o.