2 Chronicles 12:9 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Ale Egipte fia, Sisak ɖu Yerusalem dzi eye wòlɔ nu sia nu le gbedoxɔ la kple fiasã la me dzoe. Etsɔ sikakpoxɔnu siwo Solomo wɔ la katã hã dzoe.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Tete Egipte-fia Sisak ho ɖe Yerusalem ŋu, eye wòlɔ Yehowa ƒe aƒe me, kesinɔnuwo kple fia ƒe aƒe me kesinɔnuwo; nuawo katã wòlɔ hekpe ɖe sikakpoxɔnu, siwo Salomo wɔ la ŋuti.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ale Egipte-fia Sisak ho ɖe Yerusalem ŋu. Elɔ Aƒetɔ ƒe aƒe la me kesinɔnuwo kple fiasã la me kesinɔnuwo. Elɔ nu sia nu; etsɔ sikakpoxɔnu siwo fia Salomo wɔ gɔ̃ hã dzoe.