2 Chronicles 13:10 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Ke míawo ya la, Yehowae nye míaƒe Mawu eye míegblee ɖi o. Aron ƒe dzidzimeviwo koe nyea míaƒe nunɔlawo eye Levitɔwo koe kpena ɖe wo ŋu le woƒe subɔsubɔdɔwo wɔwɔ me.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ke miawo la, Yehowa enye mia Mawu, eye miegblẽe ɖi o; Aron viwo nye nunɔlawo, amesiwo subɔa Yehowa, eye Lewi-viwo le woƒe dɔwo nu;
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ke míawo ya la, Aƒetɔ ye nye mía Mawu; míetrɔ le eyome o. Ẽ, Aron ƒe dzidzimeviwo nye nunɔla siwo subɔa Aƒetɔ, eye Levi viwoe le subɔsubɔdɔwo nu.