2 Chronicles 13:11 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Wosaa numevɔ, doa dzudzɔ ʋeʋĩ na Yehowa gbe sia gbe, ŋdi kple fiẽ eye wodaa Ŋkumeɖobolo ɖe kplɔ̃ kɔkɔe la dzi. Wosia sikakaɖigbɛ la zã sia zã elabena míekpɔa egbɔ be míazɔ ɖe Yehowa, míaƒe Mawu ƒe ɖoɖowo nu, ke miawo ya la, miegblẽ Yehowa ɖi
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
woawoe tɔa dzo numevɔsa na Yehowa ŋdi sia ŋdi kple fiẽ sia fiẽ, wotsɔa atike ʋeʋẽe doa dzudzɔe, wodaa abolo ɖe kplɔ̃; dzadzɛ la dzi, eye wosia sikakaɖitiawo ƒe akaɖigbɛawo fiẽ sia fiẽ, elabena mielé Yehowa, mía Mawu ƒe ɖoɖowo meɖe asi; ke miawo miegblẽe ɖi.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ŋdi sia ŋdi kple fiẽ sia fiẽ la, wotɔa dzo lifi, eye wosaa numemevɔ na Aƒetɔ. Wodaa abolo ɖe kplɔ̃ kɔkɔe la dzi, eye wosia akaɖi siwo le sikakaɖitiawo dzi la fiẽ sia fiẽ, elabe míawo míelé Aƒetɔ, mía Mawu la, ƒe dɔdeasia me ɖe asi; ke miawo ya mietrɔ le eyome.