2 Chronicles 13:19 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Abiya nya Yeroboam ɖe du nu eye wòxɔ du siawo: Betel, Yesana kple Efrɔn kple kɔƒe siwo ƒo xlã wo la le esi.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Abiya ti Yerobeam yome, eye wòxɔ eƒe duwo, siwo nye Betel kple eŋu duwo, Yesana kple eŋu duwo kpakple Efron kple eŋu duwo.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Abiya ti Yerobeam kple eƒe aʋakɔ la yome ɖaxɔ du siawo: Betel, Yesana kple Eron kpakple wo ŋu kɔƒewo.