2 Chronicles 13:3 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Abiya yi aʋa la me kple aʋawɔla sesẽ akpe alafa ene (400,000) eye Yeroboam hã va kpe aʋa kplii kple asrafoha sesẽ ame akpe alafa enyi (800,000).
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Abiya tsɔ ŋutsu kalẽtɔ tiatia akpe alafa ene dze aʋa la gɔmee, eye Yerobeam tso ŋutsu kalẽto tiatia akpe alafa enyi ɖakpe aʋa kplii.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Abiya dze aʋa kple aʋakalẽ tiatia akpe alafa ene, eye Yerobeam ɖe aʋakalẽ tiatia akpe alafa enyi ɖakpe aʋa kplii.