2 Chronicles 13:5 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
“Miɖo to! Ɖe mienya bena, Yehowa, Israel ƒe Mawu, ka atam bena David ƒe dzidzimeviwo anye Israel fiawo tegbetegbee oa?
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ɖe mienyae bena, Yehowa, Israel ƒe Mawu la, tso Israel-fiaɖuƒe la na Dawid kple viawo, ne wòanye dzenubabla tegbee oa?
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ðe mienyae be Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu la, tsɔ Israel-fiaɖuƒe la na David kple eƒe dzidzimeviwo tegbee, to dzenubabla me oa?