2 Chronicles 13:9 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Gawu la, mienya Yehowa ƒe nunɔlawo kple Aron ƒe viwo kpakple Levitɔwo eye mietsɔ ame bubuwo ɖo nunɔlawoe ɖe wo teƒe. Mietsɔa ame sia ame si ko nya tsɔ nyitsu fɛ̃ kple agbo adre vɛ la ɖoa nunɔlae abe ale si dukɔ bubu me tɔwo wɔna ene. Ame sia ame ko ate ŋu anye nunɔla na miaƒe mawu siwo menye mawuwo kura o!
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ɖe menye miawoe nyã Yehowa ƒe nunɔlawo, siwo nye Aron viwo kple Lewi-viwo, eye mieɖo nunɔlawo na mia ɖokui abe anyigba dzi dukɔwo ene oa? Ne amesiame nya tso nyitsuvi ɖeka kple agbo adre vɛ, be woaɖo ye la, ekema wotsɔnɛ ɖoa mawu maɖimawuwo ƒe nunɔlae.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Menye miawoe nyà Aƒetɔ ƒe nunɔlawo, Aron kple Levi ɖa le mia dome eye mieɖo nunɔlawo na mia ɖokui ɖe wo teƒe abe anyigba bubu dzi tɔwo ene oa? Ame sia ame si nyatsɔ nyitsui ɖeka kple agbo adrẽ vɛ be woaɖo ye ko la, wotsɔnɛ ɖoa mawu manye mawuwo ƒe nunɔlae.