2 Chronicles 14:11 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Fia Asa do ɣli na Mawu be, “Oo Yehowa, ame bubu aɖeke mate ŋu akpe ɖe mía ŋu o! Míate ŋu anɔ te ɖe aʋakɔ gã sesẽ sia nu o. Oo, xɔ na mí, Yehowa míaƒe Mawu elabena wò ɖeka ko ŋue míeɖo ŋu ɖo be, àxɔ na mí eye le wò ŋkɔ mee míele aʋa kpem kple futɔwo ƒe aʋakɔ gã sia. Mègana amegbetɔ siwo mele ɖeke me o la, naɖu dziwò o!”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Tete Yehowa si Kusiviwo le Asa kple Yuda ŋgɔ, ale be Kusitɔwo si.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Tete Asa yɔ Aƒetɔ, eƒe Mawu la gblɔ be: “Aƒetɔ, ale si nèxɔna na ŋusẽtɔ la, nenema ko nèxɔna na ame beli la hãe. Aƒetɔ, mía Mawu, xɔ na mí elabe ŋuwòe míeɖo ŋu ɖo, eye wò ŋkɔ me míeho aʋa ɖe ame gbogbo siawo ŋu le. Aƒetɔ, wò koe nye mía Mawu. Mègana amegbetɔ aɖeke nanɔ te ɖe nuwò o.”