2 Chronicles 14:13 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Asa ƒe amewo nya wo yi keke Gerar ke eye wofiti Kustɔwo ƒe aʋakɔ blibo la ale gbegbe be, ame ɖeka pɛ gɔ̃ hã metsi agbe o elabena Yehowa kple eƒe aʋakɔ la tsrɔ̃ wo katã. Yuda ƒe aʋakɔ la ha aboyonu geɖewo ŋutɔ.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Wòsi du, siwo katã le Gerar ŋu godoo; elabena Yehowa ƒe vɔvɔ̃ dze wo dzi; eye woha duawo katã, elabena nu geɖe le wo me.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Asa kple aʋakɔ si le eŋu la ɖe wo ɖe nu va se Gerar. Wosi Etiopiatɔwo vevie; ɖeke metsi agbe o elabe Aƒetɔ kple eƒe aʋakɔ lae tsrɔ̃ wo. Woha nu geɖe ŋutɔ.