2 Chronicles 14:7 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Fia Asa gblɔ na eƒe amewo be, “Esi Yehowa yra mí eye ŋutifafa le míaƒe anyigba dzi le esi míeɖo toe ta la, mina míatso duwo fifia eye míaglã wo kple gliwo, xɔ tsralawo, agbowo kple gamedetiwo.” Ale wowɔ nu siawo eye nu sia nu dze edzi nyuie.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye aʋakɔ nɔ Asa si. Amesiwo tso Yuda, eye wokpla akpoxɔnu kple akplɔ la, wole ame akpe alafa etɔ̃, eye amesiwo tso Benyamin, wokpla akpoxɔnu, eye wodaa da la, wole ame akpe alafa eve kple blanyi; amesiawo katã wonye kalẽtɔwo.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Egblɔ na Yuda be: “Mina míagbugbɔ du siawo atso, aɖo gli aƒo xlã wo, atu gbetakpɔxɔwo, eye míade agbo kple gametiwo wo nu. Anyigba la gale mía si me elabe míedi Aƒetɔ, mía Mawu la, eya ta wòna ŋutifafa xɔ aƒe godoo.” Ale wotso duawo, eye nu dze edzi na wo le afi sia afi.