2 Chronicles 14:8 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Aʋawɔla akpe alafa etɔ̃ (300,000) tso Yuda ƒe viwo dome nɔ Fia Asa ƒe aʋakɔ me. Akpoxɔnu ɖagbitɔwo kple akplɔwo nɔ wo si. Ame akpe alafa eve blaenyi (280,000) tso Benyamin ƒe viwo dome nɔ eƒe aʋakɔ la me eye akpoxɔnu gãtɔwo kple datiwo kple aŋutrɔwo nɔ wo si. Wohe aʋawɔlawo katã tso to eveawo me eye wonye kalẽtɔwo.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye Kusitɔ Zerax tsɔ aʋawɔla akpe teƒe akpe kpakple tasiaɖam alafa etɔ̃ ho aʋa ɖe wo ŋu, eye wòva keke Maresa ke.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Aʋakɔ nɔ Asa si. Aʋawɔla siwo tso Yuda, eye akpoxɔnu kple akplɔ le wo si la le ame akpe alafa etɔ̃. Esiwo tso Benyamin, eye akpoxɔnu le wo si, wodaa da la le ame akpe alafa eve bla enyi. Ame siawo katã nye aʋawɔla kalẽtɔwo.