2 Chronicles 15:16 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Fia Asa ɖe mamaa Maaka ɖa be maganye fianyɔnu o elabena etu aƒeli si nye ŋunyɔnu. Asa lã ati la ƒu anyi, flii, hetɔ dzoe le Kidron bali la me.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye fia Asa ɖe dadaa Maaxa hã ɖa, be magaɖu dzi o, elabena ewɔ legba na Asera. Asa mũ legba la, eye wògbãe ɖatɔ dzoe ɖe Kidron-bali la me
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Fia Asa ɖe nɔa Maaxa, si nye nyɔnufia la ɖa be maganye nyɔnufia o, elabe ewɔ nyɔnumawu Asera ƒe legba ɖi. Asa mu legba la ƒu anyi eye wògbãe. Elɔ kakɛawo ɖatɔ dzoe ɖe Kidron-bali la me.