2 Chronicles 15:2 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
eye wòɖakpe Fia Asa esi wòtrɔ gbɔna tso aʋa. Azaria do ɣli be, “Asa, ɖo tom! Yuda kple Benyamin ƒe aʋakɔwo, miɖo to! Yehowa anɔ kpli mi ŋkeke ale si mianɔ eyome! Ɣe sia ɣi si miadii ko la, miakpɔe gake ne miegbugbɔ le eyome la, eya hã agbugbɔ le mia yome.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
eye wòyi ɖakpe Asa gblɔ nɛ bena: Asa kple Yuda blibo la kpakple Benyamin, miɖo tom! Yehowa nɔ kpli mi, elabena miena eŋu. Ne mieɖii la, ana be, míakpɔe; ke ne miegblẽe ɖi la, eya hã agblẽ mi ɖi.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
eye wòyi ɖakpe Asa. Egblɔ nɛ be: “Asa, wò kple Yudatɔwo kpakple Benyamintɔwo katã, miɖo tom. Aƒetɔ nɔ kpli mi esime mienɔ eŋu. Ne miedii la, ana miakpɔe; ke ne miegblẽe ɖi la, eya hã agblẽ mi ɖi.