2 Chronicles 15:8 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Esi Fia Asa se nya sia tso Mawu gbɔ la, dzi ɖo eƒo eye wògbã legbawo katã le Yuda kple Benyamin kple du siwo wòxɔ le Efraim ƒe tonyigba dzi la me. Egbugbɔ Yehowa ƒe vɔsamlekpui la tu ɖe gbedoxɔ la ŋgɔ.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ke esi Asa se nyagblɔɖila Obed ƒe nya siawo kple eƒe nyagblɔɖiawo la, dzi ɖo eƒo, eye wò ɖe ŋunyɔnuwo ɖa tso Yuda-nyigba blibo la dzi kple Benyamin kpakple du, siwo woxɔ ɖe Efrayim-to dzi la me, eɖɔ Yehowa ƒe vɔsamlekpui, si le Yehowa ƒe akpata nu la ɖo,
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Esi Asa se nya siawo kple gbeƒãɖela Obed ƒe gbeƒãɖeɖea la, dzi ɖo eƒo eye wòɖe legba nyɔŋuawo ɖa le Yuda-nyigba blibo la, Benyamin kple du siwo wòxɔ le Efrayim-tonyigba la dzi la me. Edzra Aƒetɔ ƒe vɔsamlekpui si le Aƒetɔ ƒe aƒe la ƒe akpata la ŋgɔ la hã ɖo.