2 Chronicles 15:9 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Tete wòƒo Yuda kple Benyamin katã nu ƒu, nenema kee nye ame siwo tso Efraim, Manase kple Simeon ƒe towo me, ame siwo nɔ wo dome. Ameha gã aɖe do va egbɔ tso Israel esime wokpɔ be Yehowa, eƒe Mawu la li kplii.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
eye wòƒo Yuda blibo la kple Benyamin kpakple amesiwo tso Efrayim, Manase kple Simeon va dze egbɔ la nu ƒu, elabena ame geɖewo tso Israel va de edzi, esime wokpɔ be, Yehowa, eƒe Mawu la, li kplii.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Eƒo Yuda blibo la kple Benyamin kpakple ame siwo tso Efrayim, Manase kple Simeon va egbɔ la nu ƒu, elabe ame geɖewo tso Israel va de edzi, esime wokpɔ be Aƒetɔ, eƒe Mawu la li kplii.