2 Chronicles 16:10 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Asa do dɔmedzoe ɖe nyagblɔɖila la ŋu le nya si wògblɔ nɛ la ta eye wòdee gaxɔ me. Asa te ameawo katã ɖe anyi ɣe ma ɣi.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Tete dzi ku Asa ɖe nukpɔla la ŋu, eye wòtsɔe de gaxɔ me, elabena dɔme vee ɖe eŋu te nya la ta. Eye Asa sẽ ŋuta le dukɔ la dometɔa ɖewo ŋu ɣemaɣi.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Tete Asa do dziku ɖe nukpɔla la ŋu vevie, eye wòna wodee atikpofɔblanu kpekpe me, ɖe gaxɔ me. Asa sẽ ŋuta le dukɔmevi bubuwo hã ŋu le ɣe ma ɣi me.