2 Chronicles 16:3 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
“Na míagbugbɔ míaƒe dedinɔnɔ ƒe nubabla si nɔ fofowò kple fofonye dome la awɔ yeyee. Kpɔ ɖa, xɔ klosalo kple sika sia ale be nàtu nubabla si le wò kple Israel fia, Baasa dome ale be wòadzudzɔ aʋawɔwɔ kplim.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Nubabla le mia kpli wò, fofonye kple fofowò dome: kpɔ ɖa, mele klosalo kple sika ɖom ɖe wò, be natu nubabla, si le mia kple Israel-fia Baesa dome la, ne woadzo le gbɔnye.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
“Na nye kple wò míabla nu abe ale si tɔ́nye kple tɔ́wò wowɔe ene. Nye asi me klosalo kple sika nye esi. Tu nubabla si le wò kple Israel-fia Baesa dome ne wòaho adzo le gbɔnye.”