2 Chronicles 16:4 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Ben Hadad lɔ̃ ɖe Fia Asa ƒe nya la dzi heƒo eƒe aʋakɔ nu ƒu eye wòho aʋa ɖe Israel ƒe duwo ŋu. Wogbã du siawo: Iyɔn, Dan kple Abel Maim kple nudzraɖoƒe duwo katã le Naftali.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Tete Ben-Hadad se fia Asa ƒe gbe, eye wòdɔ eƒe aʋafiawo ɖo ɖe Israel-duwo me, eye wòsi Yion, Dan kple Abel-Mayim kpakple Naftali ƒe nudzraɖoƒeduwo katã.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Tete Ben-Hadad lɔ̃ ɖe fia Asa ƒe nyaa dzi nɛ, eye wòdɔ eƒe aʋakplɔlawo ɖo ɖe Israel-duwo me. Wosi Yion, Dan kple Abel-Mayim kpakple Naftali-du siwo katã me wodzraa nuwo ɖo la.