2 Chronicles 16:6 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Fia Asa kplɔ Yuda blibo la yi Rama eye wolɔ Fia Baasa ƒe xɔtukpewo kple xɔtutiwo tso afi ma ɖatu Geba kple Mizpa.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye fía Asa kplɔ Yuda blibo la woɖafɔ kpe kple ati, siwo Baesa tsɔ le Rama tsomi la, eye wotsɔ wo tso Geba kple Mizpa.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Asa fia la na Yuda blibo la yi ɖalɔ kpe kple ati siwo Baesa tsɔ le Rama-dua tsomee la, eye wòna wolɔ wo yi ɖagbugbɔ Geba kple Mizpa duwo tso.