2 Chronicles 17:11 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Filistitɔ aɖewo gɔ̃ hã tsɔ nunanawo vɛ nɛ eye wodzɔa nu nɛ ƒe sia ƒe. Nu siwo Arabiatɔwo nae la woe nye: agbo akpe adre alafa adre (7,700) kple gbɔ̃tsu akpe adre alafa adre (7,700).
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Filistitɔwo dometɔa ɖewo tso nunanawo kple klosalo geɖe vɛ na Yosafat, eye Arabiatɔwo hã tsɔ agbo akpe adre kple alafa adre kpakple gbɔ̃tsu akpe adre kple alafa adre vɛ ne.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Filistitɔwo dometɔ aɖewo tsɔ nunanawo kple klosalo si nye adzɔga la vɛ na Yosafat. Arabiatɔwo hã tsɔ agbo akpe adrẽ alafa adrẽ kple gbɔ̃tsu akpe adrẽ alafa adrẽ va nae.