2 Chronicles 18:11 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Nyagblɔɖila bubuawo katã lɔ̃ ɖe edzi hegblɔ kple gbe ɖeka be, “Ẽ, yi Ramot Gilead eye àkpɔ dzidzedze elabena Yehowa ana nàɖu dzi.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye nyagblɔɖilawo katã gblɔ nya ɖi alea gblɔ bena: Ho yi Ramot-Gilead, eye adze edzi na wò; elabena Yehowa atsɔe ade asi na fia la.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Gbeƒãɖela bubuawo katã hã gblɔ nenema ke. Wobe: “Ho nàyi Ramot-Gilead, eye àɖu dzi. Aƒetɔ tsɔe de asi na fia la.”