2 Chronicles 19:10 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Ne ʋɔnudrɔ̃lawo tsɔ nyawo tso duta va mia gbɔ la, nenye amewunya alo Mawu ƒe sewo dometɔ aɖe dzi dada la, ele be miabu ɖaseɖiɖiwo ŋu nyuie eye miakpe ɖe ʋɔnudrɔ̃la siwo tso duta ŋu be, woatso afia dzɔdzɔe ne Mawu ƒe dɔmedzoe nagabi ɖe miawo kple woawo siaa ŋu o. Ne miewɔ alea la, ekema miawɔ miaƒe dɔdeasiwo nyuie.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ne mia nɔvi, siwo le woƒe duwo me, he nyaa ɖe vɛ na mi, hlɔ̃nya alo nufiamewo, sewo, ɖoɖowo kple kɔnuwo ŋu nya la, ekema mixlɔ̃ nu wo, ne womagaɖi fɔ ɖe Yehowa ŋu, eye dɔmedzoe nava mia kple mia nɔviwo dzi o; alea miawɔ, ne miagaɖi fɔ o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ne mia nɔvi siwo le woƒe duwo me he nya aɖe si ku ɖe ʋukɔkɔɖi, sewo, ɖoɖowo kple kɔnuwo ŋu vɛ la, mixlɔ̃ nu wo le nya la ŋu bene womagaɖi fɔ le Aƒetɔ gbɔ, ne dɔmedzoe nagava mia kple mia nɔviwo siaa dzi o. Miwɔ alea ne miagaɖi fɔ o.