2 Chronicles 19:11 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Etsɔ nunɔlagã Amaria ɖo ʋɔnudrɔ̃ƒe kɔkɔtɔ si drɔ̃a mawuvɔ̃nyawo nu; etsɔ Zebadia, Ismael ƒe vi, ɖo dziɖula le Yuda be wòakpɔ ʋɔnudrɔ̃ƒe kɔkɔtɔ si drɔ̃a dukɔmenyawo dzi eye wòna be Levitɔwo nakpe ɖe wo ŋu. Eƒe nya mamlɛtɔ na woe nye, “Migavɔ̃ le miaƒe tenɔnɔ ɖe nyateƒe la nu kple nuteƒewɔwɔ me o. Yehowa nato mia dzi aʋli fɔmaɖilawo ta.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Kpɔ da, nunɔlagã Amarya le mia nu de Yehowa ƒe nyawo katã ŋu, eye Yuda ƒe aƒe ƒe amegã Zebadya, Ismael vi, li de fia ƒe nyawo katã ŋu, eye Lewi-viwo nye dɔnunɔlawo le mia si. Misẽ ŋu le miaƒe nuwo wɔwɔ me, eye Yehowa anɔ kple ame nyui la!
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Mikpɔ ɖa, nunɔlagã Amarya le mia nu atso nya me le nya siwo katã ku ɖe Aƒetɔ subɔsubɔ ŋu. Yuda-nyigbanunɔla Zebadya, Ismael vi, le mia nu atso nya me le nya siwo katã woatsɔ va fia gbɔe la ŋu. Levi viwo nye dɔnunɔlawo akpe ɖe mia ŋu. Misẽ ŋu ne miawɔ nu siawo katã. Aƒetɔ nenɔ kple ame nyui la.”