2 Chronicles 2:14 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Dadaa nye Yuda nyɔnu aɖe tso Dan ƒe viwo dome le Israel eye fofoa tso Tiro afi sia. Enye sikanutula kple klosalonutula nyui aɖe. Egawɔa akɔbli kple gayibɔ hã ŋu dɔ nyuie eye wònya nu sia nu tso kpe ŋu dɔ wɔwɔ, atikpakpa kple avɔlɔlɔ̃ hã ŋu. Enya avɔɖaɖa hã nyuie eye wòtea ŋu ɖaa avɔ aɖabɛ dzĩtɔ kple blɔtɔ kple nyagãdzĩtɔ hã. Gawu la, eganya ale si wòaɖe nɔnɔmetata vovovowo ɖe nuwo dzi eye wòtoa nu yeyewo hã vɛ. Awɔ dɔ kple wò dɔwɔla siwo nye aƒetɔ, Fia David, fofowò, tia da ɖi.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye naɖo lu kple ƒo, ami kple wein, siwo ŋu nya nye aƒetɔ gblɔ la, ɖe wò dɔlawo;
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Nɔa tso Dan-to la me, eye tɔ́a tso Tiro. Enya sika kple klosalo, akɔbli kple ga yibɔ, kpe kple ati ŋudɔwɔwɔ. Enya aɖabɛ dzĩtɔ kple blɔtɔ, avɔ dzĩ xɔasi kple aklala biɖibiɖi ŋudɔwɔwɔ. Enya nɔnɔme vovovowo ŋɔŋlɔ, eye wòtea ŋu ŋlɔa aɖaŋu si woɖɔ nɛ la hã. Na wòakpe ɖe wò aɖaŋudɔwɔlawo kple nye aƒetɔ David ƒe aɖaŋudɔwɔlawo ŋu.