2 Chronicles 2:4 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Ke esusɔ vie madze gbedoxɔ aɖe tutu gɔme na Yehowa, nye Mawu la. Anye teƒe aɖe si mate ŋu ado dzudzɔ ʋeʋĩ kple atike ʋeʋĩwo le, le Mawu ŋkume, afi si matsɔ Ŋkumeɖobolo ada ɖo eye masa numevɔ le gbe sia gbe, ŋdi kple fiẽ, le Dzudzɔgbewo, le Ɣleti Yeye ƒe ŋkekenyuiɖugbewo kple Yehowa, mía Mawu la ƒe ŋkekenyui bubuwo dzi elabena Mawu di be Israel naɖu ŋkekenyui tɔxɛ siawo ɣe sia ɣi.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Xɔ, si mebe, matu la, lolo, elabena mia Mawu la lolo wu mawuwo katã.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Kpɔ ɖa, mebe matu xɔ na Aƒetɔ, nye Mawu, ne woasubɔe le eme. Makɔ eŋu nɛ, ne woatɔ dzo lifi le eŋkume, ada vɔsabolo ɖe eŋgɔ, eye woasa numemevɔ nɛ le afi ma ŋdi kple fiẽ, le dzudzɔgbewo, le Dzinu Yeye Ŋkeke Nyui ɖuɣiwo kple le Aƒetɔ, mía Mawu ƒe ŋkekenyui bubuwo dzi. Esia nye Israel ƒe dɔdeasi tegbee.