2 Chronicles 20:14 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Yehowa ƒe Gbɔgbɔ va dze ame siwo nɔ tsitre ɖe afi ma la dometɔ ɖeka dzi. Ame siae nye Yahaziel, ame si fofoe nye Zekaria, ame si fofoe nye Benaya, ame si fofoe nye Yeiel, ame si fofoe nye Matania, Levi ƒe vi, ame si nye Asaf ƒe viwo dometɔ ɖeka.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Tete Yehowa ƒe gbɔgbɔ dze Yexaziel, Zaxarya vi, amesi nye Benaya vi amesi nye Yeiel vi, amesi nye Matanya vi la dzi le takpekpe lãme; enye Lewi-vi tso Asaf viwo dome,
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Tete Aƒetɔ ƒe gbɔgbɔ dze Levi vi aɖe dzi le ƒuƒoƒea. Eŋkɔe nye Yexaziel, Zaxarya vi. Enye Asaf ƒomea me tɔ, eye tɔgbuiawoe nye Asaf, Matanya, Yiel kple Benaya.