2 Chronicles 20:15 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Yahaziel gblɔ be, “Miɖo tom, mi ame siwo katã tso Yuda kple Yerusalem kple wò, Fia Yehosafat. Yehowa be, ‘Migavɔ̃ o! Migana aʋakɔ gã sia nana dzidzi naƒo mi o elabena aʋa la menye mia tɔe o ke boŋ Mawu tɔe!
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
eye wògblɔ bena: Miƒu to anyi, mi Yuda blibo la kple Yerusalem-nɔlawo kpakple wò fia Yosafat! Ale Yehowa le gbɔgblɔm na mi enye si: Migavɔ̃ o, eye ameha gã sia megadzi ŋɔ na mi o, elabena aʋa la menye miaƒe nya o, ke boŋ Mawu tɔe.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Egblɔ be: “Yuda-dukɔ blibo la, mi Yerusalemnɔlawo kple fia Yosafat, miɖo to miasee. Aƒetɔ be: ‘Migavɔ̃ o eye aʋakɔ gã sia megadzi ŋɔ na mi o, elabe aʋa la menye mia tɔ o; ke boŋ Mawu tɔe.