2 Chronicles 20:26 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Le ŋkeke enelia gbe la, woƒo ƒu ɖe balime si woyɔna va se ɖe egbe be Yayrabalime la eye wokafu Mawu ale si woate ŋui.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Le ŋkeke eneagbe la wokpe ta ɖe kafukafubali la me, elabena afima wokafu Yehowa le; eyata wona ŋkɔ teƒe ma be: kafukafubalime vaseɖe egbe.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Le ŋkeke enea gbe la, wokpe ta ɖe Beraka-bali la me, eye wokafu Aƒetɔ. Esia ta woyɔa bali la be Beraka-bali va se ɖe egbe.