2 Chronicles 20:7 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Oo míaƒe Mawu, ɖe menye wòe nya trɔ̃subɔla siwo nɔ anyigba sia dzi, esi Israel, wò amewo va ɖo la ɖa oa? Ɖe menye wòe tsɔ anyigba sia na xɔ̃wò Abraham ƒe dzidzimeviwo oa?
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ɖe menye wò, mía Mawue, nyã anyigba sia dzi nɔlawo ɖa le wò dukɔ Israel ŋgɔ, eye nètsɔe na xɔ̃wò Abraham ƒe dzidzimeviwo tegbee oa?
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
O, mía Mawu, ɖe menye wòe nyà anyigba sia dzi nɔlawo ɖa le wò dukɔ Israel ŋgɔ, eye nètsɔ anyigba la na xɔ̃wò Abraham be wòanye eƒe dzidzimeviwo tɔ tegbee oa?