2 Chronicles 21:9 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Ke Yehoram yi afi ma kple eƒe amegãwo kpakple tasiaɖamwo katã. Le zã me la, Edomʋakɔ va ɖe to ɖe kpe ɖe eƒe tasiaɖam megãwo ŋu. Ke Yehoram kple eƒe tasiaɖam megãwo kpe aʋa kple Edomtɔwo hekpe wo dzi hesi to wo dome dzo.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Tete Yoram kple amegãwo ho yi, eye tasiaɖamwo katã kpe ɖe wo ŋu. Eye wòva me be, eya kple eƒe amegãwo tso le zã me ɖasi Edomtɔ, siwo ɖe to ɖee.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ale Yoram kple aʋakplɔlawo dze mɔ kple woƒe tasiaɖamwo, eye woho yi ɖatu Edomtɔwo. Edomtɔwo ƒe aʋakɔwo va ƒo xlã wo; ke le zã me la, wosi wo.