2 Chronicles 22:6 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Eya ta egbɔ va Yezreel be yeagbɔ ɖe eme, eye yeakpɔ egbɔ be woda gbe le abi siwo wode eŋu le Ramot, esime wòwɔ aʋa kple Aram fia Hazael la ŋu. Ke Ahazia si nye Yuda fia Yehoram ƒe vi, yi Yezerel be yeakpɔ Ahab vi Yoram ɖa ɖe eƒe abixɔxɔ ta.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Tete wògbɔ, be woada gbe le ye ŋu le Yezreel, elabena wode abi eŋu le Rama, esime wòwɔ aʋa kple Aram-fia Xazael. Eye Yuda-fia Axazya, Yoram vi yi, be yeakpɔ Yoram. Axab vi la ɖa le Yezreel, elabena ele da lém.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Egbugbɔ yi Yezreel be woada gbe le ye ŋu, le abi si wode eŋu le Rama, esime eya kple Siria-fia Xazael wokpe aʋa la ta. Yuda-fia Axazya, Yoram vi, yi be yeakpɔ Yoram, Axab vi la ɖa le Yezreel elabe ele dɔ lém.