2 Chronicles 22:7 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Nu sia trɔ zu vodada gã aɖe wòwɔ, elabena Mawu ɖo be yeahe to na Ahazia le eƒe ɖekawɔwɔ kple Yoram ta. Ɣeyiɣi sia mee Ahazia kple Yehoram kpe ɖe Yehu, Nimsi ƒe vi, ŋu le esime wònye Yehue Yehowa ɖo ɖa be, wòatsi Ahab ƒe viwo ƒe fiaɖuɖu nu.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ke Mawue toto ta me na Axazya, be wòayi Yoram gbɔ. Esi wòva la, eya kple Yoram woho ɖe Yehu, Nimsi vi, amesi Yehowa si ami na, be yeatsrɔ̃ Axab ƒe aƒe la ŋu.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ke Mawu ɖoe be Axazya nadze anyi to Yoram gbɔyiyi me. Esi wòva la, eya kple Yoram wodo go be yewoaɖakpe Yehu, Nimsi vi, ame si Aƒetɔ si ami na be wòatsrɔ̃ Axab ƒe ƒome la.