2 Chronicles 23:10 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Asrafomegã siawo tsɔ woƒe aʋawɔnuwo ɖe asi eye wonɔ tsitre ƒo xlã fia la, le vɔsamlekpui la ŋu le gbedoxɔ la me. Woɖe to ɖee tso gbedoxɔ la ƒe dziehe yi anyiehe.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye wòɖo dukɔ blibo la tso xɔ la ƒe ɖusi me kpa dzi vaseɖe xɔ la ƒe mia me kpa dzi heƒo xlã vɔsamlekpui la kple xɔ la, eye woɖe to ɖe fia la.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
eye wòɖo ameawo katã ɖi, tso xɔa ƒe anyigbeme godzi va yi eƒe dzigbeme godzi. Woƒo xlã vɔsamlekpui la hã eye ame sia ame lé aʋawɔnu ɖe asi.