2 Chronicles 23:11 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Yehoiada kple via ŋutsuviwo kplɔ fiavi ŋutsuvi la do goe, ɖɔ fiakuku nɛ, tsɔ nubabla ƒe seawo de asi nɛ eye wòɖoe fiae. Esi ami nɛ, ame sia ame ƒo asikpe kplokplokplo eye wodo ɣli sesĩe be, “Fia nenɔ agbe tegbee!”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Tete wokplɔ fiavi la ɖoe, woɖɔ fiakuku la nɛ, eye wotsɔ se la de asi nɛ: woɖo fiae, eye nunɔla Yoyada kple viawo si ami nɛ, eye wodo ɣli bena: Fia nenɔ agbe!
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Tete Yoyada kplɔ Yoas doe, ɖɔ fiakuku la nɛ, eye wòtsɔ nubablagbalẽ la de esi. Ale wòɖoe fiae. Yoyada kple viawo si ami nɛ, eye wodo ɣli be: “Fia nenɔ agbe tegbee!”