2 Chronicles 23:13 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Etsa ŋku eye wòkpɔ fia la wòtsi tsitre ɖe eƒe sɔti gbɔ le xɔa ƒe mɔnu. Dɔdzikpɔlawo kple kpẽkulawo nɔ fia la gbɔ eye anyigba la dzi tɔwo katã nɔ aseye tsom, henɔ woƒe kpẽawo kum eye hadzilawo kple woƒe haƒonuwo nɔ hawo dom ɖa. Tete Atalia dze eƒe awuwo eye wòdo ɣli be, “Nugbeɖoɖoe! Nugbeɖoɖoe!”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ke esi wòkpɔ bena, fia la tsi tre ɖe kɔkɔƒe le mɔ nu, eye amegãwo kple kpẽkulawo le fia la gbɔ, dukɔ hahoo la katã le dzidzɔ kpɔm, eye wole kpẽ kum, eye hadzilawo tsɔ hadzinuwo le kafukafuha dzim la, Atalya dze eƒe awuwo, eye wòdo ɣli bena: Nugbeɖoɖoe! Nugbeɖoɖoe!
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Kasia, ekpɔ fia la le tsitre ɖe eƒe sɔti la gbɔ le kɔkɔƒea ƒe mɔnu. Aʋakplɔlawo kple kpẽkulawo ƒo xlãe, eye dukɔ blibo la le aseye tsom; kpẽwo le ɖiɖim eye hadzilawo tsɔ hadzinu vovovowo le kafukafuha dzim. Atalya dze eƒe awuwo, eye wòdo ɣli be: “Dugbãnuɖoɖo ye! Dugbãnuɖoɖo ye!”