2 Chronicles 23:14 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Nunɔla Yehoiada dɔ ame siwo nɔ asrafo alafa ɖekawo nu, ame siwo nɔ aʋawɔlawo dzi kpɔm la ɖa eye wògblɔ na wo be, “Mikplɔe to ameawo dome vɛ eye miawu ame sia ame si adze eyome.” Elabena nunɔla la gblɔ do ŋgɔ be, “Migawui ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔ me o.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Tete nunɔla Yoyada ɖe se na ame alafawo ƒe amegãwo, amesiwo nye aʋakɔ la kplɔlawo, gblɔ na wo bena: Mikplɔe to ameawo domee, eye ne amea ɖe dze eyome la, miwui kple yi; elabena nunɔla la gblɔ be, womawui ɖe Yehowa ƒe aƒe la me o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Nunɔla Yoyada yɔ asrafo alafawo ƒe kplɔlawo va xexe, eye wògblɔ na wo be: “Migawui ɖe Aƒetɔ ƒe aƒe la me o. Mikplɔe to ameawo dome yii. Ne ame aɖe dze eyome la, miwui kple yi.”