2 Chronicles 23:18 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Azɔ la, Yehoiada na Levitɔwo zu dzɔlawo eye wosa numevɔ na Yehowa le Mose ƒe se la nu. Ede dɔwo asi na Levitɔwo abe ale si Fia David wɔ ene tututu. Wodzia ha kple dzidzɔ ne wole woƒe dɔwo wɔm.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye Yoyada tsa Yehowa ƒe aƒe la me dowo de asi na nunɔlawo kple Lewi-viwo, amesiwo me Dawid mã hena Yehowa fe aƒe la, be wòasa Yehowa ƒe numevɔ kple dzidzɔ kpakple hadzidzi le Dawid ƒe ɖoɖo la nu, abe alesi woŋlɔe ɖe Mose ƒe se la me ene.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Yoyada tsɔ Aƒetɔ ƒe aƒe la me dɔwo de asi na nunɔlawo kple Levi viwo, ame siwo David ma ɖe hatsotsowo me be woakpɔ Aƒetɔ ƒe aƒe la me dɔwo gbɔ. David ɖo wo be woasa Aƒetɔ ƒe numemevɔsa kple dzidzɔ kple hadzidzi abe ale si woŋlɔ ɖe Mose ƒe se la mee ene.